Acts 8

Saul ti hame la yome

1Saul da asi ɖe Stefano wuwu sia dzi kpem. Tso gbe ma gbe dzi ko amewo dze xɔsetɔ siwo le Yerusalem la yometiti gɔme vevie eye esia na be wo katã si yi Yudea kple Samaria nutowo me negbe apostoloawo ɖeɖe koe susɔ ɖe Yerusalem. 2Ke Yudatɔ aɖewo siwo vɔ̃a Mawu la va kɔ Stefano ƒe kukua yi ɖaɖi eye wofae ŋutɔ. 3Ke Saul ɖoe kplikpaa be yeagblẽ hame la. Etsoa aƒeme yia aƒeme, léa ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa ɖadea gaxɔ me.

Filipo gblɔ nyanyui la le Samaria

4Ke xɔsetɔ siwo si dzo le Yerusalem la kaka Yesu ƒe nyanyui la le afi sia afi si woyi. 5Filipo hã yi Samaria eye wòɖe gbeƒã le Yesu ŋuti na wo. 6Filipo wɔ nukunu geɖewo le Samaria eya ta amewo va ɖoa toe ɣesiaɣi. 7Enya gbɔgbɔ vɔ̃wo do goe le amewo me, eye ne wodo go le ameawo me alea la wonɔa ɣli dom sesĩe. Eyɔ dɔ tekunɔwo kple lãmetututɔwo. 8Esia wɔe be dzidzɔ blibo yɔ dua me fũ.

Simon akunyawɔla la

9Ke ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Simɔn va nɔ Samaria dua me; enye afakala xɔŋkɔ aɖe le eƒe nukunuwo ta, eya ŋutɔ da ŋkɔ ɖe eɖokui dzi be yenye gã. 10Amewo katã ku ɖe eŋu, ame ŋkutawo kple ame gblɔewo siaa eye woda ŋkɔ ɖe edzi be, “Ame siae nye Mawu ƒe ŋusẽ si woyɔna be Ŋusẽ Gã” la. 11Amewo dze eyome hoo elabena enaa be wo nu kuna to eƒe afakaka la me ɣeyiɣi didi aɖe. 12Ke esi dua me tɔwo se Filipo ƒe nya la, woxɔe se be Yesu boŋue nye Mesia la. Woxɔ nya siwo Filipo gblɔ tso Mawufiaɖuƒe la ŋu hã dzi se eya ta wode mawutsi ta na ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa. 13Nukutɔe la, Simɔn, afakala la, ŋutɔ hã xɔ mawunya dzi se ale wode mawutsi ta nɛ. Le esia megbe la enɔ Filipo ŋu kplikplikpli yia afi sia afi si wòyina la, eye nukunu siwo katã Filipo wɔ la na be eƒe nu ku ŋutɔ.

14Esi apostolo siwo le Yerusalem se be mawunya ɖo Samaria la, woɖo Petro kple Yohanes ɖa be woaɖakpɔ ale si nuwo nɔ edzi yimii le afi ma ɖa. 15Esime ame dɔdɔawo va ɖo Samaria tete ko la, wodo gbe ɖa ɖe xɔsetɔ yeyeawo ta be woaxɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la, 16elabena tsi ko wode ta na wo le Aƒetɔ Yesu ƒe ŋkɔ me ke womexɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la haɖe o. 17Esi Petro kple Yohanes nɔ gbea dom ɖa la, woda woƒe asiwo ɖe xɔsetɔawo dzi, eye enumake woxɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la. 18Esi Simɔn kpɔ be wona Gbɔgbɔ Kɔkɔe amewo to Apostoloawo ƒe asidada ɖe wo dzi me la, ena ga Apostoloawo eye wògblɔ na wo be, 19“Mina ŋusẽ sia nye hã ale be ame sia ame si dzi mada asi ɖo la naxɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la.”

20Petro ɖo eŋu nɛ be, “Wò ga natsrɔ̃ kpli wò elabena èbu be yeate ŋu aƒle Mawu ƒe nunana kple ga! 21Wɔƒe kple gomekpɔkpɔ aɖeke mele asiwò le subɔsubɔdɔ sia me o elabena wò dzi menyo le Mawu ƒe ŋkume o. 22Dzudzɔ tame vɔ̃ɖi ɖoɖo ne nàdo gbe ɖa na Aƒetɔ la. Ɖewohĩ atsɔ wò susu vɔ̃ɖi sia ake wò. 23Elabena edze nam ƒãa be èyɔ fũu kple vevesese eye nènye kluvi na nu vɔ̃.” 24Simɔn ɖo eŋu be, “Do gbe ɖa na Aƒetɔ la ɖe tanye be nu siwo miegblɔ la dometɔ aɖeke madzɔ ɖe dzinye o.”

25Petro kple Yohanes nɔ Samaria hegblɔ mawunya sẽ hafi gatrɔ yi Yerusalem. Wotɔ ɖe Samaria kɔƒe geɖewo hã me le mɔa dzi, hegblɔ nyanyui la na amewo le afi siawo hã.

Filipo kple Etiopia fianyɔnu ƒe aƒedzikpɔla la

26Ke le Filipo gome la, mawudɔla aɖe va gblɔ nɛ be, “Tso nàyi mɔ si tso Yerusalem heto Gaza gbegbe la dzi.” 27Filipo wɔ abe ale si wogblɔ nɛ la ene eye kasia ekpɔ ame aɖe si tso Yerusalem gbɔna le mɔa dzi. Ame siae nye Etiopia ŋutsu aɖe, si nye fianyɔnu Kandake ƒe gadzikpɔla gã la. Etso Yerusalem afi si wòyi ɖawɔ subɔsubɔ le Mawu ƒe gbedoxɔ la me, 28eye wòtrɔ va yina aƒe. Esi wònɔ mɔa dzi la enɔ Nyagblɔɖila Yesaya ƒe agbalẽ xlẽm sesĩe le eƒe tasiaɖam me.

29Gbɔgbɔ Kɔkɔe la gagblɔ na Filipo be, “Te ɖe tasiaɖam la ŋu.”

30Esi wòɖe abla te ɖe tasiaɖam la ŋu eye wòse nu si xlẽm ŋutsua le la, Filipo biae be, “Èse nu si xlẽm nèle la gɔmea?”

31Etiopia ŋutsua ɖo eŋu nɛ be, “Ao, nɔvi, ale ke wɔ mate ŋu ase egɔme le esime ame aɖeke meli aɖe eme nam o?” Azɔ eɖe kuku na Filipo be wòage ɖe tasiaɖam la me anɔ ye xa. Filipo wɔ nenema. 32Biblia ƒe akpa si xlẽm wònɔ la gblɔ be, “Wokplɔe abe alẽvi ene yina wuwu ge. Eye abe ale si alẽvi nɔa anyi kpoo ne wole eƒe fũwo sẽm ene la, nenema ke eya hã wɔ, meke nu kura o. 33Le eƒe ɖokuibɔbɔ ta womedrɔ̃ ʋɔnui ɖe mɔ dzɔdzɔe nu o. Ame kae ate ŋu agblɔ ale si dzidzime si me wòdzɔ ɖo la ƒe tagbɔ sẽe la afia? Elabena woɖe eƒe agbe ɖa le anyigba dzi.”

34Etiopia ŋutsu la bia Filipo be, “Nyagblɔɖila Yesaya ŋu eya ŋutɔ nɔ nu ƒom le loo alo ame bubu aɖe ŋuea?”

35Biabia sia na be Filipo wɔ mawunya si wòxlẽ la kple bubuwo ŋutidɔ heƒo nu le Yesu ŋu na Etiopia ŋutsua.

36Esi wonɔ mɔa dzi yina sẽ ko la, wova ke ɖe tɔsisi sue aɖe ŋu. Etiopia ŋutsua bia Filipo be, “Kpɔ ɖa! Tsie nye esi; nu ka ta nyemade mawutsi ta zi ɖeka o?”

37Filipo ɖo eŋu nɛ be, “Nenye be èxɔe se tso wò dzi blibo me ko la, ekema naneke mexe mɔ o.” Etiopia ŋutsua ɖo eŋu be, “Mexɔe se bena Yesu Kristoe nye Mawu Vi la.”

38Enumake etɔ tasiaɖam la eye wòɖi ge ɖe tsia me eye Filipo de mawutsi ta nɛ. 39Esi wòdo tso tsia me tete ko la, Aƒetɔ la ƒe Gbɔgbɔ kɔ Filipo dzoe ale be Etiopia ŋutsua megakpɔe o, ke eya hã dze aƒemɔ dzi kple dzidzɔ. 40Egblɔ nyanyui lã le afi ma eye wògagblɔe le du siwo katã le Kaesarea mɔ dzi la hã me.

Copyright information for EweBEE